Luke 11:37-52

Babadodo na Farisitɔwo kple sefialawo

(Mateo 23:1-36; Marko 12:38-40; Luka 20:45-47)

37Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe eme hebɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu. 38Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa.

39Yesu gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, miewɔa nu le gota abe ɖe miedza ene evɔ miaƒe dzime ya ƒoɖi kpekpekpe ŋubiabiã kpakple tamesesẽ sɔŋ koe le mia me. 40Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? 41Dzadzɛnyenye nyuitɔe nye esi woɖe fia to dɔmenyowɔwɔ me.

42“Gake mele egblɔm na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔna miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia nana Mawu hã, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o.

43“Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina. 44Le nyateƒe me la ʋunudɔdrɔ̃ sesẽ aɖe le mia lalam. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ ene. Amewo vatoa mia dzi eye womenya nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”

45Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome, la yɔe eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, edo vlo miawo hã.”

46Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Esia le me vavã elabena nu dziŋɔ siawo le miawo hã lalam, elabena miedina be amewo nanɔ xɔse ƒe agbe ɖe ɖoɖo aɖewo nu, evɔ miawo ŋutɔwo la, mietenɛ kpɔ be yewoawɔ ɖe ɖoɖo siawo dzi o. 47Baba na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. 48Hlɔ̃dolawo! Mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Nenema ke ko miawo hã miawɔ.

49“Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu la enye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo eye mianya ɖewo de gbe.’

50“Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu be miawoe wu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke. 51Le nyateƒe me, woabu fɔ mi be miawoe wu ame siwo katã wowu tso Abel dzi va se ɖe Zakaria ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe mia dzi.

52“Baba na mi senyalawo elabena mieɣla nyateƒe la ɖe amewo. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.”

Copyright information for EweBEE